Luke 19:28-40

Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene

(Mateo 21:1-11; Marko 11:1-11; Yohanes 12:12-19)

28Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem. 29Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me. 30Ebe ne woge ɖe kɔƒea me la, woatsa ŋku na tedzi aɖe si wode kae ɖe mɔ to la. Enye tedzivi si ame aɖeke medo kpɔ o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ne miekpɔe la, mitu kae ne miakplɔe va afii. 31Eye ne ame aɖe bia mi nu si ta miele ka tumii la, migblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’”

32Wokpɔ tedzivi la abe ale si Yesu gblɔe ene 33eye esi wonɔ ka tumii la, nutɔwo va wo gbɔ va bia wo be, “Nu kae ma wɔm miele? Nu ka tae miele ka tum míaƒe tedzivia?”

34Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, “Aƒetɔ la hiãe.” 35Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi be wòanɔ edzi.

36Esi wònɔ yiyim la amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒo me nɛ. 37Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga lena la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta,

38gblɔ bena, “Woayra Fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!”
“Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo boo!”
39Gake Farisitɔ aɖewo siwo nɔ ameawo dome la gblɔ na Yesu be; “Aƒetɔ, na be ameawo nadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ!”

40Eɖo ŋu na wo be, “Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la kpe siwo le mɔto afii la ade asi aseyetsotso me.”

Copyright information for EweBEE